
The Tower of Babel (Genesis 11: 1-9)
Ewe (Eʋegbe)
Mðtutu ɖe Babel
- Ke gbe ɖeka kple nuƒoƒo ɖeka ŋugbe le amegbetɔwo katã nu.
- Eye wòva me bena, esi wodze mɔ ɖo ta ɣedzeƒe gome la, wokpɔ gbadzaƒea ɖe ke Sinearnyibga dzi, eye wonɔ afima.
- Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Mina míamė anyikpe zu xɔtukpe na wo, eye aŋɔ le akaloba teƒe na wo.
- Eye wogblɔ bena: Mina míatso du, eye míatu mɔ̃ kɔkɔa ɖe, si tame natɔ dziƒo, ne míaƒe ŋk'ɔ nanyɔ, bena míagakaka ɖe anyigba blibo la katã dzi o!
- Tete Yehowa ɖi va anyi, be yeakpɔ du kple mɔ̃ kɔkɔ, si amegbetɔviwo le tutum la ɖa.
- Eye Yehowa gblɔ bena: Kpɔ ɖa, dukɔ ɔeka wonye, eye gbe ɖeka le wo katã nu, eye esia nye
woƒe nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze ko; azɔ nusianu, si dim wole be, woawɔ la, womado kpoe o.
- Mina míaɖi ayi afima, ne míatɔtɔ woƒe gbe, bena amea ɖeke nagase nɔvia ƒe gbe o!
- Eye Yehowa na bena, wokaka tso afima ɖe anyigba blibo la katã dzi, eye wodzudzɔ du la tsotso.
- Eyata woyɔnɛ bena Babel, le esi Yehowa tɔtɔ amegbetɔwo katã ƒe gbe le afima, eye Yehowa na
wokaka tso afima ɖe anyigba blibo la katã dzi ta.
Source http://99.198.110.38/bible_language_resources/ewe_bible.pdf
[top]
Why not share this page:
Learn languages for free on Duolingo

If you like this site and find it useful, you can support it by making a donation via PayPal or Patreon, or by contributing in other ways. Omniglot is how I make my living.
Note: all links on this site to Amazon.com
, Amazon.co.uk
and Amazon.fr
are affiliate links. This means I earn a commission if you click on any of them and buy something. So by clicking on these links you can help to support this site.
[top]